Jude

1Yuda, Yesu Kristo ƒe dɔla kple Yakobo nɔviŋutsu, ŋlɔ na ame siwo woyɔ, ame siwo Mawu Fofo la lɔ̃ eye Kristo Yesu lé wo ɖe te. 2Amenuveve, ŋutifafa kple lɔlɔ̃ nanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ me.

Mawumavɔ̃lawo ƒe nu vɔ̃ kple tsɔtsrɔ̃

3Nɔvi lɔlɔ̃awo, togbɔ be metsi dzi vevie be maŋlɔ nu na mi le ɖeɖe si ƒe gomekpɔlawo míenye la ŋuti hã la, edze ŋunye be maŋlɔ na mi, ado ŋusẽ mi be miaʋlĩ xɔse si wotsɔ de asi na ame kɔkɔeawo zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã la ta. 4Mele esia gblɔm elabena ame aɖewo, ame siwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ woŋlɔ da ɖi tso blema ke la va tra wo ɖokuiwo ɖe mia dome dzaa. Wonye mawumavɔ̃la, siwo trɔ míaƒe Mawu la ƒe amenuveve wòzu mɔɖeɖe na ŋunyɔnuwo wɔwɔ eye wogbe nu le Yesu Kristo, míaƒe dziɖula ɖeka hɔ̃ kple Aƒetɔ la gbɔ.

5Togbɔ be mienya esiawo katã xoxo hã la, medi be maɖo ŋku edzi na mi be Aƒetɔ la ɖe eƒe dukɔ tso Egipte nyigba dzi gake emegbe la, etsrɔ̃ ame siwo mexɔ edzi se o. 6Ke mawudɔla siwo melé woƒe bubuteƒe me ɖe asi o, ke boŋ wogblẽ woawo ŋutɔ ƒe aƒe ɖi la, esiawoe wòde gae ɖe viviti me eye wotsɔ gakɔsɔkɔsɔ mavɔ de wo hena ʋɔnudɔdrɔ̃ le Ŋkekegã la dzi. 7Nenema ke, Sodom kple Gomora kpakple du siwo ƒoxlã wo la tsɔ wo ɖokuiwo dzra na ŋutilãmeŋunyɔnuwo wɔwɔ kple agbe vlo nɔnɔ. Wonye ame siwo le fu kpem le dzo mavɔ ƒe tohehe me la ƒe kpɔɖeŋu.

8Nenema ke drɔ̃ekula siawo ƒo ɖi woawo ŋutɔ ƒe ŋutilãwo, wotsi tre ɖe dziɖulawo ŋu eye woƒoa nu vɔ̃ le dziƒodɔlawo ŋu. 9Mawudɔlagã Maikel gɔ̃ hã esi wònɔ nya hem kple vɔ̃ɖitɔ la tso Mose ƒe ŋutilã kukua ŋuti la, mete ŋu do dzi gblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe eŋuti o, ke ɖeko wògblɔ be, “Aƒetɔ la aka mo na wò!” 10Gake ame siawo ya ƒoa nu kple dzugbe ɖe nu sia nu si gɔme womese o la ŋuti eye nu sia nu si gɔme wose to seselelãme me abe lã siwo mebua tame o ene la, nu siawo kee nye nu siwo gblẽa wo dome.

11Babaa na wo! Woto Kain ƒe mɔ; woti viɖe yome hege ɖe Balam ƒe vodada me eye wotsrɔ̃ wo le Kora ƒe aglãdzedze la me.

12Ame siawo nye ɖiƒonuwo le hamea ƒe lɔlɔ̃nuɖuƒewo. Woɖua nu kpli mi ŋumakpetɔe, wonye alẽkplɔla siwo nyia woawo ŋutɔ ɖokuiwo ko. Wole abe alilĩkpo siwo medzaa tsi o, eye ya lɔa wo ɖe enu ene. Wole abe kelemeti siwo metse ku o eye woho wo ƒo ɖi eye woku zi gbɔ zi eve la ene. 13Wole abe ƒutsotsoe siwo dze agbo hele woawo ŋutɔ ƒe ŋukpefutɔkpɔwo ɖem ɖe go la ene, wole abe ɣletivi siwo le tsatsam, esiwo woɖo viviti tsiɖitsiɖi da ɖi na tegbetegbe la ene.

14Enɔk, ame si nye dzidzime adrelia tso Adam dzi la gblɔ nya ɖi ɖe ame siawo ŋu be, “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la gbɔna kple eƒe dɔla kɔkɔe akpe akpewo, 15ne wòadrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ne wòabu fɔ mawumavɔ̃lawo ɖe nu vɔ̃ɖi siwo katã wowɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi hekpe ɖe nya vlo siwo katã nu vɔ̃ wɔla siawo gblɔ ɖe eya amea ŋuti ŋu la ta.” 16Ame siawo nye liʋiliʋĩlĩlawo kple ame siwo kpɔa vodada le nu sia nu ŋu. Wodzea woawo ŋutɔ ƒe nudzodzro vɔ̃wo yome woƒoa adegbe le woawo ŋutɔ ɖokuiwo ŋu eye wokafua amewo alakpatɔe hena woawo ŋutɔ ƒe nyui.

Nuxɔxlɔ̃ na tenɔnɔ sesĩe

17Ke nɔvi lɔlɔ̃awo, miɖo ŋku nya siwo míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe apostolowo gblɔ da ɖi la dzi. 18Wogblɔ na mi be, “Le ɣeyiɣi mamlɛawo me la, fewuɖulawo lava, ame siwo adze woawo ŋutɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo yome.” 19Ame siawoe nye ame siwo dea mama mia dome, ame siwo dzea ŋutilã ƒe nukpɔkpɔwo yome eye Gbɔgbɔ la mele wo me o.

20Ke miawo ya la, nɔvi lɔlɔ̃awo, mitu mia ɖokuiwo ɖo le miaƒe xɔse kɔkɔetɔ kekeake me eye mido gbe ɖa le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me. 21Mitsɔ mia ɖokuiwo de Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me esi miele míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ lalam be wòakplɔ mi ayi agbe mavɔ la me.

22Mikpɔ nublanui na ame siwo le ɖi kem le wo ɖokuiwo me. 23Miɖe ame bubuwo tso dzo me eye mixɔ na wo. Mikpɔ nublanui na wo kple vɔvɔ̃. Milé fu awu si ƒo ɖi to ŋutilã ƒe ɖiƒoƒo me gɔ̃ hã.

Yayranyawo

24Azɔ, eya ame si tea ŋu léa mi ɖe asi be miagadze anyi o, be wòatsɔ mi aɖo eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui la ŋgɔ kpɔtsɔtsɔmanɔŋui le dzidzɔ gã me, lae mede mi asi na 25míaƒe Mawu ɖeka hɔ̃ la, ame si nye míaƒe Ɖela la, eya ko tɔe nye ŋutikɔkɔe, fianyenye, ŋusẽ kple dziɖuɖu to Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ, me le dzidzimewo katã me, tso fifia yi ɖase ɖe mavɔ me! Amen.

Copyright information for EweBEE